Colossians 2

1Adzɔ dzi nam ŋutɔ nenye be ɖe mianya ale si medoa gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe ɖe miawo kple hame si le Laodikea la kpakple nɔvi vevi bubu siwo menyam kura o la hã ta. 2Nu si mebia Mawu na mi lae nye be: dzideƒo nanɔ mia si eye lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ nabla mi ɖekae ale be miate ŋu akpɔ mɔnu anya Kristo le kakaɖedzi me kple gɔmesese deto vavãtɔ. Elabena Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣla si wòva ɖe fia mlɔeba lae nye Kristo ŋutɔ. 3Eya mee woɣla nunya triakɔ ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.

Dedienɔnɔ si vana to agbenɔnɔ le Kristo Yesu me, me

4Mele nya siawo gblɔm na mi elabena mele vɔvɔ̃m be ame aɖe ate ŋu ava ble mi, alo ado lã mi to eƒe aɖe ŋanɛ nyawo gbɔgblɔ na mi me. 5Togbɔ be gbɔnye didi tso mia gbɔ hã la, nye dzi le mia ŋu. Mekpɔ dzidzɔ elabena miele agbe nɔm nyuie eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me. 6Azɔ abe ale si miexɔ Kristo dzi se be aɖe mi ene la, mixɔ se nenema ke le miaƒe gbe sia gbe ƒe nuwɔnawo me; eye miwɔ ɖeka kplii blibo le xɔse me. 7Mili ke ɖe eya amea me blibo eye miaxɔ nunyiame tso egbɔ. Mikpɔ egbɔ be mietsi ɖe edzi le Aƒetɔ la me. Mina dzidzɔ kple akpedada nayɔ miaƒe agbe me fũ ɖe nu gã siwo katã wòwɔ na mi la ta.

8Migana ame aɖeke natsɔ eƒe xexemenunya kple nyaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe amegbetɔ ƒe nunya dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o la awɔ mi kluviwoe, kple dzidzɔ o. 9Elabena Mawu ƒe blibonyenye la katã nɔ Kristo me le ŋutilã ƒe dzedzeme nu 10eye blibonyenye sia yɔ mi fũ le Kristo me, ame si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã. 11Eya amea me hã wotso aʋa na mi, le esime mieɖe miaƒe dzɔdzɔme nu vɔ̃ ŋutilã ɖa, menye kple aʋatsotso si wotsɔ asi tsoe o, ke esi wowɔ to Kristo me la boŋ. 12To mawutsideta me mieku kplii eye mietsi tre kplii to miaƒe xɔse si le Mawu ƒe ŋusẽ si fɔe tso ame kukuwo dome la me.

13Mieku ɖe nu vɔ̃wo me, eye womeɖe miaƒe dzodzro vɔ̃wo ɖa le mia ŋu haɖe o. Gake ena be miekpɔ gome le Kristo ƒe agbenɔnɔ me, elabena etsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi, 14eye wòtutu nya si wotsɔ ɖe mia ŋuti la ɖa, vodada siawo nye eƒe se siwo dzi mieda le la. Etsɔ nu vɔ̃ siawo katã klã ɖe Kristo ƒe atitsoga ŋuti eye wòɖe wo ɖa. 15To esia me la, Mawu ɖe Satana ƒe ŋusẽ si wòatsɔ atɔ asi miaƒe nu vɔ̃wo dzii la ɖa, eye Mawu ɖe Kristo ƒe dziɖuɖu le atitsoga ŋuti afi si woɖe miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le la fia xexeame katã.

16Eya ta migana ame aɖeke naɖe ɖeklemi kpli mi le nu si mieɖuna alo nona ŋu loo alo ale si miawo mieɖua Yudatɔwo ƒe azãwo, ŋkekenyuiwo, dzinu yeye ƒe wɔnawo kple Sabat ŋkekewo o la ta o. 17Elabena esiawo katã nye ɖoɖo siwo wu enu esi Kristo va do. Ɖoɖo siawo nye nu la ŋutɔ ƒe vɔvɔli ko. Egɔmee nye wonye Kristo ŋutɔ ƒe vɔvɔli ko. 18Migana ame aɖeke nable mi be esi miegbe be yewomasubɔ mawudɔlawo abe ale si wogblɔ na mi ene o ta la, miele tsɔtsrɔ̃ ge o. Wogblɔna be yewokpɔ ŋutega eye yewonya be ele be miasubɔ mawudɔlawo. Ame siawo nye dadalawo togbɔ be wogblɔna be yewonye ɖokuibɔbɔɖeanyilawo hã. Susu wɔnuku le wo si. 19Ke womeku ɖe Kristo ŋu, ame si nye ta si ŋu mi ame siwo katã nye eƒe ŋutilã la ku ɖo o; elabena eƒe lãmeka sesẽwo wotsɔ bla mí ɖekae eye míete ŋu tsina elabena míexɔa nunyiame kple ŋusẽ tso eya ɖeka ko gbɔ.

20Le nyateƒe me, esi mieku kple Kristo ta la, mievo tso nu si xexemetɔwo buna tso ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti la si me. Woƒe susue nye be, ame akpɔ ɖeɖe to dɔ nyui wɔwɔ kple sewo dzi wɔwɔ me. Ne ele alea la, nu ka tae miegale wo wɔwɔ dzi eye woƒe se mawo gabla mi ɖo? 21Wobe migaɖu esi o, migaɖɔ ekemɛ kpɔ o, eye wobe migaka asi nuɖuɖu aɖewo ya ŋuti kura o; nu ka tae? 22Kpɔ ɖa, se mawo ya la amegbetɔ, numaɖinu ƒe ɖoɖowo ko wonye, elabena nuɖuɖu la, ɖe ko wowɔe be ame naɖu. 23Se siawo anya dze se nyuiwoe elabena wonye se siwo hiã ame ɖokuitsɔtsɔke kple ɖokuibɔbɔ blibo eye wo dzi wɔwɔ sesẽ, gake ŋusẽ aɖeke mele wo si be ame natsɔ aɖu eƒe susuwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi o. Ɖeko wonaa ame dana.

Copyright information for EweBEE